2 Corinthians 3

1Ke nya siwo meŋlɔ na mi la, ɖe wodze abe míele mía ɖokui kafum ena? Míawo la míele abe aʋatsonufiala mawo siwo xɔa kafukafugbalẽwo tsoa amewo gbɔ va nɔa mia fiam la ene o; míawo ya kafukafugbalẽ aɖeke mehiã mí o. 2Fifia la ame sia ame le afi sia afi kpɔe dze sii azɔ be Kristo to mia dzi wɔ dɔ nukutɔe le mia dome, eye miezu ame yeyewo. Elabena miedzudzɔ agbe vlo nɔnɔ eye mieva nyateƒe ƒe kekeli la gbɔ, esia ɖeɖe si amewo kpɔ le mia ŋuti la nye agbalẽ blibo si woaxlẽ. 3Amewo akpɔe be miezu agbalẽ si tso Kristo gbɔ to mía dzi. Menye agbalẽ si woŋlɔ kple nuŋlɔti kple nuŋlɔtsi o ke boŋ esi wotsɔ Mawu gbagbe la ƒe Gbɔgbɔ ŋlɔe ɖe miaƒe dziwo me, ke menye ɖe nuŋlɔkpewo dzi o.

4Míele nya siawo gblɔm kple kakaɖedzi, elabena míeɖo ŋu ɖe Mawu ɖeka hɔ̃ la ko ŋu to Aƒetɔ Yesu Kristo me be akpe ɖe mía ŋu be míawɔ ɖe nu sia nu si míagblɔ la dzi. 5Míawo la ŋusẽ aɖeke mele mía si si míate ŋu atsɔ awɔ nu siawo katã o, ke míaƒe ŋusẽ kple dzidzedzekpɔkpɔ la tso Mawu gbɔ. 6Mawu nye ame si de dɔ sia asi na mí bena míaɖe gbeƒã nubabla yeye si wòwɔ be ame sia ame nakpɔ agbe mavɔ la. Nubabla yeye sia to vovo sãa tso xoxoa si nye be ame nadze agbagba awɔ ɖe Se Ewoawo dzi la gbɔ, ke yeyetɔe nye be míasubɔ Mawu le Gbɔgbɔ me. Elabena Gbɔgbɔ lae gbɔa agbe ame, ke seawo ɖeɖe ko dzi wɔwɔ kplɔa ame yia ku me.

Nubabla Yeye la ƒe ŋutikɔkɔe

7Enye nyateƒe be Mose xɔ se siwo ɖeɖe dzi wɔwɔ hea ku vɛ la, le ŋutikɔkɔe gã aɖe me. Eye esi wòtrɔ gbɔ va Israelviwo gbɔ kple seawo la, kekelẽ gã aɖe ƒo xlãe ale gbegbe be eƒe amewo mete ŋu kpɔ eƒe ŋkume gɔ̃ o gake ŋutikɔkɔe ma nu va yi xoxo. 8Ke azɔ la ɖe míakpɔ mɔ na dzidzɔ kple ŋutikɔkɔe geɖe wu le esime Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le amewo xɔm ɖe agbe le ŋkeke siawo me oa? 9Ne ŋutikɔkɔe geɖe ƒo xlã se siwo hea ku vɛ la, ekema ŋutikɔkɔe geɖe fũu ŋutɔe aƒo xlã nubabla yeye si Mawu wɔ si kplɔa ame yia agbe mavɔ la me. 10Le nyateƒe me la ŋutikɔkɔe ma si klẽ tso Mose ƒe ŋkume la menye naneke ne woatsɔ asɔ kple esi ƒo xlã Mawu ƒe nubabla yeye la o. 11Eya ta ne nu xoxo si nu va yi la kpɔ ŋutikɔkɔe nenema la, ekema Mawu ƒe nubabla yeye si hea agbe mavɔ vɛ la ƒe ŋutikɔkɔe la mele gbɔgblɔ me o, elabena eya anɔ anyi tegbetegbe.

12Esi míenya be nubabla yeye sia kple eƒe ŋutikɔkɔe la li tegbee ta la, dzika metsoa mía ƒo o, eye míegblɔa nya la kple dzideƒo. 13Míawo ya la, míawɔ abe ale si Mose wɔ esi wòtsɔ nu tsyɔ mo be Israelviwo nagakpɔ kekelẽ la kple ale si wonɔ bubum le mo nɛ la ene o.

14Va se ɖe egbe ŋkeke dzi la, menye Mose ƒo mo ko wotsyɔ nui o, ke boŋ Israelviwo hã ƒe susuwo kple nugɔmesese dzie, elabena wogaɖoa dzi ɖe seawo ŋu eye woxlẽnɛ ɖaa abe nu si ko me woƒe mɔkpɔkpɔ le ene, evɔ wònye to Kristo dzixɔxɔse me ko hafi woate ŋu adzo le vivitia me eye agbe ƒe kekeli la nadze na wo. 15Eye va se ɖe fifia ne woxlẽ Mose ƒe Se Ewoawo la, woƒe ŋkuwo meʋu o elabena wobuna be seawo dzi wɔwɔ koe ana agbe yewo.

16Ke gbe si gbe wo dometɔ aɖe trɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi eye wòxɔ Kristo abe Aƒetɔ ene la, ekema nu si tsyɔ mo nɛ ta wòle viviti me la ɖena ɖa enumake. 17Aƒetɔ la ŋutɔe nye Gbɔgbɔ si naa agbe wo eye afi si Aƒetɔa ƒe Gbɔgbɔ le ko la ablɔɖe vavã hã nɔa afi ma. 18Ke mí ame siwo katã xɔ Yesu Kristo abe Aƒetɔ ene eye míeɖo dzi ɖe eya ɖeɖe ko ŋu la, nutsyɔnu aɖeke mele míaƒe mowo o eya ta míele abe ahuhɔ̃e si ɖea Aƒetɔ la ƒe keklẽ kple ŋutikɔkɔe fĩana la ene. Eye zi ale si Kristo ƒe Gbɔgbɔ la le dɔ wɔm le mía me la, etrɔa mí be míaɖi Kristo le eƒe ŋutikɔkɔe me.

Copyright information for EweBEE